2 Thessalonians 3

Mido gbe ɖa ɖe mía ta

1Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mele agbalẽ sia nu wum la, mabia tso mia si be miaɖo gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene. 2Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia amee lɔ̃ Aƒetɔ la o. 3Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye; eya ta ado ŋusẽ mi eye wòakpɔ mia ta tso Satana ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me. 4Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me bena miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm eye menye zi ɖeka ko o ke boŋ ɣesiaɣi. 5Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe nugɔmesese tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti la nanɔ to dem ɖe edzi wu ɣesiaɣi.

Nuxɔxlɔ̃ tso kuviawɔwɔ ŋu

6Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe eye mewɔa dɔ aɖeke abe ale si míefia mi be miawɔ la ene o. 7Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe 8alo ɖu ame aɖe ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o. 9Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋui na mi be miadze eyome. 10Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megadu nu hã o.”

11Gake míesena be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi le ameŋunyagbɔgblɔ me. 12Míele kuku ɖem na nenem me mawo katã eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be, woadze kɔ anyi awɔ dɔ atsɔ kpɔ wo ɖokuiwo dzii. 13Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o.

14Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. 15Ke migabui be enye miaƒe futɔ o; ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxɔxlɔ̃ ene.

Gbedonamewo

16Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣesiaɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.

17Azɔ esia nye, nye ŋutɔ nye gbedoname si mele ŋɔŋlɔm kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene; be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ. 18Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ mi katã mia dzi.

Copyright information for EweBEE